-
Hebritɔwo 5:12-14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Elabena va ɖo fifia la, ɖe wòle be mianye nufialawo hafi, gake egahiã be woafia Mawu ƒe gbedeasi kɔkɔeawo ƒe gɔmedzenuwo+ mi tso nu gbãtɔwo dzi, eye miegatrɔ zu ame siwo hiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o. 13 Elabena ame sia ame si gakpɔtɔ noa notsi la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya la ŋu o, elabena ɖevi ko wòganye.+ 14 Ke ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ, ame siwo na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.
-