Hadzidzi 115
Míaƒe Mɔ Nakpɔ Dzidzedze
1. Míekpɔa dzidzɔ Ma’u ƒe Nyaa ŋu.
Na míaxlẽe gbe sia gbe.
Míatsɔ gbe si le blewu xlẽe,
Ade ŋugble le ’ŋu,
Be wòafia mɔ míaƒe susu
Kple míaƒ’agbenɔnɔ.
(HAXE)
Xlẽe nàde ŋugble le eŋu
Ne Mawu nayra wò.
Na wòafia mɔ wò gbe sia gbe
Ne nàkpɔ dzidzedze.
2. Esi fiawo ɖu Israel dzi,
Ma’u de se na wo be:
‘Fia sia fia natsɔ asi ŋlɔ
Ma’u ƒe Sea na ’ɖokui.
Wòaxlẽe ’ƒe ŋkekeawo katã
Ne wòagatra mɔ o.’
(HAXE)
Xlẽe nàde ŋugble le eŋu
Ne Mawu nayra wò.
Na wòafia mɔ wò gbe sia gbe
Ne nàkpɔ dzidzedze.
3. Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la,
Míakpɔ akɔfafa;
Ana míaƒe dzi nadze ’me,
Míaƒe xɔse nasẽ.
Ne míelɔ̃a eƒe Nyaa vavã,
Míatsi le gbɔgbɔ me.
(HAXE)
Xlẽe nàde ŋugble le eŋu
Ne Mawu nayra wò.
Na wòafia mɔ wò gbe sia gbe
Ne nàkpɔ dzidzedze.
(Kpɔ 5 Mose 17:18; 1 Fia. 2:3, 4; Ps. 119:1; Yer. 7:23 hã.)