Hadzidzi 118
Mixɔ Mia Nɔewo
Tatatɔ
1. Miawoe zɔ loo, kpekpe sia valawo!
Ma’u ƒe Nya mieva be yewoasrɔ̃.
Efiaa nyateƒe si naa agbe mí.
Míetsɔ dzidzɔ wɔ ɖe eƒ’ameyɔyɔa dzi.
2. Akpe na Ma’u ɖe mía nɔviwo ta,
Ame siwo tsɔa dzidzɔ xɔa mí.
Míade bubu nɔvi siawo ŋu ɖaa.
Míado dzaa na ’me si’o katã ƒoa ƒu kpli mí.
3. Mawu le dzinyuitɔwo katã kpem
Be woava dze si nyateƒe la.
Mawu to Via dzi kplɔ mí va egbɔ.
’Ya ta míatsɔ dzi blibo axɔ mía nɔewo.
(Kpɔ Yoh. 6:44; Flp. 2:29; Nyaɖ. 22:17 hã.)