INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sjj hadzidzi 105
  • “Mawu Nye Lɔlɔ̃”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mawu Nye Lɔlɔ̃”
  • ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mawu Nye Lɔlɔ̃”
    Midzi Ha Na Yehowa
  • Nusi Wòfia Be Míalɔ̃ Mía Havi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • ‘Miyi Edzi Miazɔ le Lɔlɔ̃ Me’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Lɔ̃ Mawu Si Lɔ̃ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
sjj hadzidzi 105

HADZIDZI 105

“Mawu Nye Lɔlɔ̃”

Tatatɔ

(1 Yohanes 4:7, 8)

  1. 1. Mawu nye lɔlɔ̃; ekpe mí

    Be míasrɔ̃ nɔnɔme sia.

    Ne lɔlɔ̃ sia le mía si la,

    Nyuiwɔwɔ míaɖe afia.

    Ekema míaƒe nuwɔna

    Ahe ame bubuwo.

    Lɔlɔ̃ sia ana woakpɔe be

    Míenye Kristo srɔ̃lawo.

  2. 2. Lɔlɔ̃ si Mawu ɖe fia mí

    Nu metsina gbeɖe o.

    Eƒe lɔlɔ̃ doa ŋusẽ mí

    Be míalɔ̃ mía haviwo.

    Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi, nyoa dɔme,

    Lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o.

    Míaɖe lɔlɔ̃ fia ’me sia ’me,

    Anye Mawu srɔ̃lawo.

  3. 3. Lɔlɔ̃ tsɔa nu vɔ̃ kena faa;

    Meléa nya ɖe dɔme o.

    Lɔlɔ̃ siae mía Mawu fia mí

    Be míaɖe fia amewo.

    Míado gbe ɖa abia Mawu,

    Be míatu lɔlɔ̃ sia ɖo.

    Ekema míado dzidzɔ na

    Yehowa kple Via Kristo.

(Kpɔ Marko 12:30, 31; 1 Kor. 12:31–13:8; 1 Yoh. 3:23 hã.)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2023)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2023 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe