HADZIDZI 134
Ðeviwo Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ
1. Ne ŋutsu va zu vifofo
Eye nyɔnu va zu vidada la,
Woaɖo ŋku ’dzi be menye yewo
Ðeɖe tɔ koe ɖevia nye o.
Yehowa gbɔe nunana sia tso;
’Yae nye lɔlɔ̃ kple agbe dzɔtsoƒe.
Ena mɔfiame nyui dzilawo
Be woazɔ edzi ahe wo via.
(HAXE)
Viwò ƒ’agbe le asiwò me;
Domenyinue Mawu na wò.
Kesinɔnu si nànɛ nye be
Nàfia Ma’u ƒe sededeawoe.
2. Se siwo Mawu de na wò,
Na woatsi dzi me na wò ɣesiaɣi.
Ku wo ɖe to me na viwòwo;
Wò dɔdeasi vevi wònye.
Ƒo nu wo ŋu ne èle mɔ dzi,
Ne èfɔ loo alo nèmlɔ anyi.
Woaɖo ŋku ’dzi ƒe siwo gbɔna,
Awɔ nuteƒe Ma’u nayra wo.
(HAXE)
Viwò ƒ’agbe le asiwò me;
Domenyinue Mawu na wò.
Kesinɔnu si nànɛ nye be
Nàfia Ma’u ƒe sededeawoe.
(Kpɔ 5 Mose 6:6, 7; Ef. 6:4; 1 Tim. 4:16 hã.)