HADZIDZI 140
Agbe Mavɔ Azɔ!
Tatatɔ
1. Kpɔe ɖa le susu me ko:
Ameƒomea wɔ ɖeka!
Nuxaxa kple ’ɖatsi vɔ!
Ŋutifafa azɔ!
(HAXE)
Dzi ha dzi nadzɔ wò!
Yayra sia’o nàva kpɔ.
Nɔ’agbe be nàva gblɔ be:
“Agbe mavɔ azɔ!”
2. Tsitsiawo zu ɖekakpui’o,
Ame sia ’me de blibo.
Hiãkame vɔ tso fifia,
Vɔvɔ̃ kpl’avi nu yi.
(HAXE)
Dzi ha dzi nadzɔ wò!
Yayra sia’o nàva kpɔ.
Nɔ’agbe be nàva gblɔ be:
“Agbe mavɔ azɔ!”
3. Par’diso, dzidzɔ míakpɔ,
Adzi ha ’kɔ Mawu ŋu.
Gbe sia gbe míada ’kpe nɛ,
Akafu eŋkɔ ɖaa!
(HAXE)
Dzi ha dzi nadzɔ wò!
Yayra sia’o nàva kpɔ.
Nɔ’agbe be nàva gblɔ be:
“Agbe mavɔ azɔ!”
(Kpɔ Hiob 33:25; Ps. 72:7; Nyaɖ. 21:4 hã.)