Na Woƒe Dzi Nedze Eme le Ŋkuɖodzia Ðuƒe
1 Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa sia me la, Ŋkuɖodzia vala 3 dometɔ 1 koe nye nyanyui gbeƒãɖela. Ƒe sia me tɔ hã ate ŋu anɔ nenema ke. Ðewohĩ esi vavalawo ƒe ƒometɔ aɖe alo woƒe ame nyanyɛ aɖe de dzi ƒo na wo vevie ta wo dometɔ aɖewo ava, eye ame bubuwo hã ava le esi hamea me gbeƒãɖelawo kpe wo ta. Togbɔ be vavala bubuwo nye nyɔnyrɔ̃xɔlawo hã la, womegadea gbeadzi ɣleti sia ɣleti o. Míexɔ amesiwo katã de bubu Yesu ƒe sedede be, ‘Minɔ esia wɔwɔ dzi ne míatsɔ aɖo ŋku dzinye’ la atuu tso dzime ke.—Kor. I, 11:24; Rom. 15:7.
2 Anyinɔƒegbɔkpɔla siwo wode dɔ asi na la nenɔ ŋudzɔ be woaxɔ amesiame si ava Fiaɖuƒe Akpataa me atuu, vevietɔ ame yeyewo. Gake mí katã míate ŋu aɖe amedzrowɔwɔ fia le Ŋkuɖodzia ɖuƒe. (Rom. 12:13) Aleke míawɔe?
3 Fiẽ ma la, gbeƒãɖela aɖewo anɔ dɔ dzi vevie anɔ ʋu dim na ɖetsɔlemetɔwo. Ame bubuwo ava ɖo kaba eye woanɔ anyi ado wòezɔ na vavala siwo va le wo ɖokui si. Ne amedzro aɖe va akpataa me la, mido vivi ɖe eŋu, eye miaɖo dze kplii. Bia amea se be enya ame aɖe le hamea me hã. Ne ebe ẽ la, ke na wòanɔ gbɔwò vaseɖe esi amea nava. (Tsɔe sɔ kple Luka 10:35.) Ne menya ame aɖeke o la, ke nukatae màna wòanɔ gbɔwò le kpekpea me o? Ðe alesi woazã wein la kple aboloa le kpekpea me la me nɛ. Ðewohĩ ahiã wò kpekpeɖeŋu le ŋɔŋlɔ siwo nuƒola la ayɔ didi me.
4 Ne miewu Ŋkuɖodzia ɖuɖu nu vɔ la, na wòanya be edzɔ dzi wò be eva. Ðewohĩ nya aɖewo anɔ esi wòadi be yeabia le míaƒe dɔa ŋu si ŋu nàte ŋu aɖo nɛ. Wò ɖetsɔleme nɛ ate ŋu ana miadzro Biblia me nyati aɖe me, le Fiaɖuƒe Akpataa me loo alo le teƒe bubu. Nɔvi aɖe siwo le ŋudzɔ eye woɖe afɔ sia si dze kafukafu le wo ɖokui si la te ŋu dze nusɔsrɔ̃ nyuiwo gɔme. Hafi amea nadzo le Fiaɖuƒe Akpataa me la, ɖee fia ame bubuwo, eye nàkpee vividodoɖeameŋutɔe be wòagava ake.
5 Dzidzɔ kae nye si wònye be míaxɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔ siwo medea kpekpewo edziedzi o alo womegakpɔa gome le subɔsubɔdɔa me o ɣeyiɣi aɖee nye sia! Le esi míabia wo be nukatae womegavaa kpekpeawo o teƒe la, gblɔ alesi wòdzɔ dzi na wò be wova boŋ nɛ. Ðewohĩ nya aɖe si woase le Ŋkuɖodzinuƒoa me aʋã wo be woagbugbɔ tame abu le adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome la ŋu. Wo xɔxɔ atuu kple ɖetsɔtsɔ le eme na wo anukwaretɔe ate ŋu aʋã dzi na wo. Na woanya be adzɔ dzi na wò be nàgakpɔ wo ake.—Rom. 1:11, 12.
6 Woaƒo dutoƒonuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Subɔsubɔha Vavãtɔ Kpɔa Ameƒomea ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ” le hame akpa gãtɔ me le April 10 lia dzi. Kpɔ egbɔ be yekpe Ŋkuɖodzia valawo katã eye nàkpe ɖe wo ŋu be woava. Míele mɔ kpɔm be amesiwo ava kpekpe tɔxɛ sia ƒe dzi adze eme eye woakpɔ nɔviwɔwɔ ƒe vividodoɖeameŋu si le Yehowa ƒe amewo dome.—Ps. 133:1.