Yawoɖa, March 28
Anyie nàgatrɔ azu.—1 Mose 3:19.
Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ nu abe Adam kple Xawa ene o? Eyae nye be míanɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu, míana eƒe nɔnɔmewo nalé dzi na mí eye míadze agbagba ase eƒe susuwo gɔme. Ne míewɔe alea, míagalɔ̃ Yehowa ɖe edzi. Bu Abraham ŋu kpɔ: Elɔ̃ Yehowa vevie. Esi wòsesẽ nɛ be wòase Yehowa ƒe nyametsotso aɖewo gɔme gɔ̃ hã, medze aglã o. Ke boŋ edze agbagba be yeanya Yehowa nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esi Abraham se be Yehowa tso nya me be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora la, Abraham vɔ̃ be Yehowa, “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la,” atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu. Abraham kpɔe be ema masɔ kura o, ta etsɔ ɖokuibɔbɔ bia nya aɖewo Yehowa. Yehowa gbɔ dzi ɖi ɖo eƒe nyawo ŋu. Mlɔebaa, Abraham va kpɔe be Yehowa dzroa ame ɖe sia ɖe ƒe dzi me kpɔna eye matsrɔ̃ ame maɖifɔwo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu gbeɖe o.—1 Mose 18:20-32. w22.08 28 ¶9-10
Fiɖa, March 29
Ame si dzi woate ŋu aka ɖo ɣlaa nya.—Lod. 11:13.
Le ƒe 455 D.Y. me esime Nutodziɖula Nehemiya gbugbɔ tu Yerusalem gliawo vɔa, edi ŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo eye wòde dɔ vovovowo wo si. Wo dometɔ ɖekae nye Hananiya si nye Mɔ́ la ƒe amegã. Biblia gblɔ be Hananiya nye “ŋutsu si dzi woate ŋu aka ɖo, eye wòvɔ̃a Mawu vavã la wu ame bubu geɖewo.” (Neh. 7:2) Esi Hananiya lɔ̃ Yehowa eye wòwɔa nu si dzea eŋu taa, ewɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode esi la nyuie. Ne míawo hã míetu nɔnɔme nyui mawo ɖoa, awɔe be amewo naka ɖe mía dzi. Yehowa subɔla bubu si dzi wote ŋu ka ɖoe nye apostolo Paulo ƒe zɔhɛ Tikiko. Paulo ɖo ŋu ɖe Tikiko ŋu eye wògblɔ tso eŋu be enye “subɔla nuteƒewɔla.” (Ef. 6:21, 22) Esi Paulo ŋlɔ lɛta na Efeso kple Kolose nɔviawoa, menye ɖeko wòka ɖe Tikiko dzi be atsɔ lɛtaawo ayi na wo ko o, ke eka ɖe edzi hã be ade dzi ƒo na wo afa akɔ na wo. Tikiko ƒe kpɔɖeŋua nana míeɖoa ŋku nɔviŋutsu wɔnuteƒe siwo kpena ɖe mía ŋu egbea be míali ke le xɔse mea dzi.—Kol. 4:7-9. w22.09 9-10 ¶5-6
Memleɖa, March 30
Lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.—1 Pet. 4:8.
Yosef kpe fu abe ƒe 13 sɔŋ ene. Ate ŋu asusu be Yehowa melɔ̃ ye o eye be egblẽ ye ɖi esime yeɖo xaxa me. Gake Yosef melé dziku ɖe dɔme o. Ke boŋ, enɔ mo xexi eye wòfa tu. Esi mɔnukpɔkpɔ su esi be wòawɔ wɔɖenuia, mewɔe o, ke boŋ eɖee fia foawo be yelɔ̃ wo eye yetsɔ ke wo. (1 Mose 45:4, 5) Yosef te ŋu wɔ nu alea elabe ebu nuwo ŋu nyuie. Metsɔ susu ɖo eƒe kuxiwo ŋu o, ke boŋ etsɔ susu ɖo nu vevitɔ si nye Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu. (1 Mose 50:19-21) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom la, mègado dziku ɖe Yehowa ŋu alo asusu be egblẽ ye ɖi o. Ke boŋ de ŋugble le ale si wòle kpekpem ɖe ŋuwò nèle dzi dom ŋu. Eye ne amewo mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o hãa, wò ya lɔ̃ wo eye nàtsɔ ake wo. w22.11 21 ¶4