Yawoɖa, April 23
Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo.—1 Tim. 1:15.
Tsɔe be èna nu nyui aɖe ame aɖe si nèlɔ̃ vevie. Nunanaa nya kpɔ eye ezãza aɖe vi nɛ. Ate ɖe dziwò ŋutɔ ne amea tsɔ nunana ma da ɖe afi aɖe eye meganyea kɔ kpɔnɛ gɔ̃ hã o! Gake ne amea wɔ nu si nètsɔ nɛ la ŋu dɔ nyuie eye wòda akpe ɖe eta la, dzi adzɔ wò ŋutɔ. Nu nyui aɖee Yehowa na mí esi wòna Via va ku ɖe mía ta. Dzi adzɔ Yehowa ŋutɔ ne míede asixɔxɔ eƒe nunana gã xɔasi si nye tafevɔsaa kpakple lɔlɔ̃ deto si wòɖe fia mí la ŋu! (Yoh. 3:16; Rom. 5:7, 8) Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu adzɔ be míagava nɔ asixɔxɔ dem nunana xɔasi si nye tafea ŋu o. Anɔ ko abe míetsɔ Mawu ƒe nunana xɔasi ma da ɖe afi aɖe ko eye míeganyea kɔ kpɔnɛ o ene. Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, ele be míayi edzi anɔ ŋugble dem le nu si Mawu kple Kristo wɔ na mí ŋu eye míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. w25.01 26 ¶1-2
Fiɖa, April 24
De ŋugble le nu siawo ŋu; lé fɔ ɖe wo ŋu, ale be wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.—1 Tim. 4:15.
Nɔviŋutsu si dze anye hamemetsitsi manye ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o. Esia mefia be ame naxɔ nyɔnyrɔ ƒe gbogbo aɖe hafi adze o. Gake hafi ame nayi ŋgɔ azu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la, ebia ɣeyiɣi. Hafi nàdze azu hamemetsitsi la, ele be wòadze ƒãa le ŋuwò be èbɔbɔa ɖokuiwò, abe ale si Yesu wɔe ene. Azɔ hã ele be nàlɔ̃ faa akpɔ Yehowa sinu be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, woade dɔ aɖewo asiwò le hamea me. (Mat. 20:23; Flp. 2:5-8) Ne èkuna ɖe Yehowa ŋu eye nèléa eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi hewɔna ɖe eƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi la, esia aɖee afia be ènye nuteƒewɔla. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be ele be hamemetsitsi nanye ame si nya nufiafia. Ðe esia fia be ele be wòanye nuƒola bibi kokokoa? Ao. Togbɔ be nɔviŋutsu geɖe siwo dze nye hamemetsitsiwo menye nufiala bibiwo o hã la, wofiaa nu nyuie le gbea dzi kple ne wole nɔviwo srãm kpɔ. w24.11 23-24 ¶14-15
Memleɖa, April 25
Melɔ̃ wò sededewo wu sika, wu sika nyuitɔ gɔ̃ hã.—Ps. 119:127.
Ne èxlẽ nane le Biblia me si gɔme mèse o la, ku nu me tso eŋu. Nɔ ŋugble dem le nufiame siwo ŋu nèke ɖo la ŋu le ŋkeke bliboa me. Eye nàbu nu siwo wofia wò tso Yehowa kple Via kpakple ale si wolɔ̃ míi hã ŋu. (Ps. 119:97, etenuŋɔŋlɔ) Ne mèke ɖe nu yeye aɖeke ŋu le wò nusɔsrɔ̃ alo numekukua me o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Le mɔ aɖe nu la, wò nɔnɔmea va le abe sikakula tɔ ene. Sikakulawo gbɔa dzi ɖi zãa ɣeyiɣi geɖe alo ŋkeke geɖe hafi kena ɖe sika suetɔ kekeake gɔ̃ hã ŋu. Ke hã womenaa ta o, elabe wodea asixɔxɔ sikakɔ sue ɖe sia ɖe ŋu. Ðe nu siwo ŋu míekena ɖo le Ŋɔŋlɔawo me la mexɔ asi sãsãsã wu sika oa? (Lod. 8:10) Eya ta gbɔ dzi ɖi eye nàlé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu.—Ps. 1:2. w25.01 24-25 ¶14-15