Kuɖa, November 22
Ame si le xɔ ta la megaɖi be yeatsɔ naneke tso yeƒe xɔ me ayii o.—Mat. 24:17.
Yesu xlɔ̃ nu Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Yudea be, ɣeyiɣi aɖe ava esime ‘aʋakɔwo aɖe to ɖe Yerusalem.’ (Luka 21:20-24) Ne esia dzɔa, ahiã be ‘woasi ayi towo dzi’ be woatsi agbe. Gake esia abia be woagblẽ nanewo ɖi. Ƒe aɖewo va yia, Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ be: “Wogblẽ agblewo kple aƒewo ɖi, eye womeva ƒo woƒe nunɔamesiwo nu ƒu tso woƒe aƒewo me hã o. Esi woka ɖe edzi be Yehowa akpɔ yewo ta ado alɔ yewo ta la, wotsɔ eƒe subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ na nu bubu ɖe sia ɖe si adze nu vevii.” Gbetakpɔxɔa gblɔ kpee be: “Le etsɔmea, nɔnɔme sesẽ geɖe ava mía dzi, si ado ale si míebua ŋutilãmenuwoe akpɔ. Woana míade dzesii nenye be míebua ŋutilãmenuwo be woawoe nye nu vevitɔ siwo axɔ mí ɖe agbe loo, alo ale si míewɔa nuteƒe na Mawu ye. Ne nuwuwua vaa, ahiã be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míatsɔ nanewo asa vɔe. Ele be míanɔ dzadzraɖoɖi be míawɔ nu sia nu si ahiã.” w22.01 4 ¶7-8
Yawoɖa, November 23
Oo Mawu, wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la xɔ asi loo!—Ps. 36:7.
Esi Israel-viwo ʋu le Egipte megbe kpuiea, Yehowa ɖe nane fia Mose tso eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔmewo ŋu. Yehowa gblɔ be: “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame akpeakpewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena.” (2 Mose 34: 6, 7) Yehowa to nya wɔdɔɖeamedzi siawo dzi ɖe nu vevi aɖe fia Mose tso eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu. Nu kae? Menye ɖeko Yehowa ɖɔ eɖokui be yeƒe lɔlɔ̃ nu metsina o ko evɔ o, ke boŋ egblɔ be yeƒe “lɔlɔ̃ si nu metsina o . . . sɔ gbɔ.” Woƒo nu tso lɔlɔ̃ sia ŋu zi geɖe le Biblia me. (4 Mose 14:18; Neh. 9:17; Ps. 86:15; 103:8; Yoel 2:13; Yona 4:2) Eye ɣesiaɣi si wozã nya “lɔlɔ̃ si nu metsina o . . . sɔ gbɔ” la, ekuna ɖe Yehowa ŋu, ke menye amegbetɔwo o. Meɖe dzesi ŋutɔ be Yehowa ɖɔ eɖokui nenema le Biblia me oa? w21.11 2-3 ¶3-4
Fiɖa, November 24
Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbewo ŋu.—Mat. 6:25.
Srɔ̃tɔwo ate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso apostolo Petro kple srɔ̃a gbɔ. Petro do go Yesu, eye le ɣleti ade megbea, ehiã be wòawɔ nyametsotso vevi aɖe. Tɔƒodededɔ nue eya kple eƒe ƒomea nɔa agbe ɖo. Eya ta esi Yesu kpee be wòava dze ye yomea, ahiã be Petro nabu eƒe ƒomea ŋu hafi atso nya me. (Luka 5:1-11) Ke hã, Petro tso nya me be yeadze Yesu yome. Eye anɔ eme be srɔ̃a hã kpe asi ɖe eƒe nyametsotsoa ŋu. Biblia gblɔ be le Yesu ƒe tsitretsitsi megbea, Petro srɔ̃ hã nɔ Petro ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me hena ɣeyiɣi aɖe. (1 Kor. 9:5) Ðikeke mele eme o be, esi Petro srɔ̃ ɖoa kpɔɖeŋu nyui taa, esia wɔe be Petro te ŋu ɖo aɖaŋu nyuiwo na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo. (1 Pet. 3:1-7) Edze ƒãa be Petro kple srɔ̃a ka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi be alé be na yewo ne yewotsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ.—Mat. 6:31-34. w21.11 18 ¶14