-
2 Mose 26:7-11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 “Eye nàtsɔ gbɔ̃fu+ alɔ̃ avɔ wuiɖekɛ be woatsɔ agba avɔgbadɔ la.+ 8 Agbadɔgbavɔ ɖe sia ɖe nadidi abɔklugui blaetɔ̃, eye wòakeke abɔklugui ene. Dzidze ɖeka nanɔe na agbadɔgbavɔ wuiɖekɛawo. 9 Tɔ agbadɔgbavɔ atɔ̃ tsiã ɖe vovo, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã atsiã ɖe vovo, eye nàŋe agbadɔgbavɔ adelia si akɔ ɖe agbadɔa ŋgɔ la me ɖe eve. 10 Wɔ ka kotoe blaatɔ̃ ɖe agbadɔgbavɔ si wotɔ tsiã ɖekae la ƒe nugbɔ le go ɖeka dzi, kple ka kotoe blaatɔ̃ ɖe agbadɔgbavɔ evelia si wotɔ tsiã ɖekae la ƒe nugbɔ le go kemɛa dzi le afi si woakpe wo le. 11 Tsɔ akɔbli wɔ gavi blaatɔ̃, eye nàtsɔ gaviawo aku ka kotoeawo, be agbadɔgbavɔ la nakpe azu ɖeka.
-