-
2 Mose 7:20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Enumake Mose kple Aron wɔ abe ale si tututu Yehowa de see ene. Aron do atikplɔ la ɖe dzi ƒo Nil-tɔsisi la me tsi la dzi le Farao kple eƒe subɔviwo ŋkume, eye tɔsisi la me tsiwo katã trɔ zu ʋu.+
-
-
2 Mose 8:7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Ke akunyawɔlawo tsɔ woƒe ayemeɖaŋuwo wɔ nenema ke, eye woawo hã wona akpɔkplɔwo do va Egipte-nyigba la dzi.+
-
-
2 Mose 8:18Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
18 Eye akunyawɔlawo hã dze agbagba be yewoatsɔ yewoƒe ayemeɖaŋuwo ana muwo nava nenema ke,+ gake womete ŋui o. Eye muwo va ƒo ɖe amegbetɔwo kple lãwo dzi.
-
-
2 Timoteo 3:8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 Ke ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋui la, nenema kee ame siawo hã le tsitre tsim ɖe nyateƒe la ŋu. Ame siawo ƒe susu gblẽ keŋkeŋ, eye woƒe nu medze Mawu ŋu le xɔse la me o.
-