-
2 Mose 15:5Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Tsi dzeagbowo nyè tsyɔ wo dzi; wodze to le atsiaƒu ƒe gogloƒewo abe kpe ene.+
-
-
2 Mose 15:10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 Ƒuƒu ko nèɖo, eye atsiaƒu la tsyɔ wo dzi;+
Wonyrɔ abe asabukpe ene ɖe tɔ gãwo me.
-
-
Yosua 24:6, 7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Esime mekplɔ mia fofowo tso Egipte+ gbɔna, eye mieva ɖo ƒua nu la, Egiptetɔwo ti mia fofowo yome kple aʋatasiaɖamwo kpakple sɔdolawo va ɖo keke Ƒudzĩ+ la nu ke. 7 Wodo ɣli na Yehowa,+ eye wòna viviti va nɔ mi kple Egiptetɔwo dome, ena ƒu la nyè tsyɔ wo dzi,+ eye miaƒe ŋkuwo kpɔ nu si mewɔ le Egipte.+ Eye mieva nɔ gbea dzi ƒe* geɖe.+
-
-
Nehemiya 9:10, 11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 Azɔ èwɔ dzesiwo kple nukunuwo tsɔ tu nu kple Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba la dzi nɔlawo katã,+ elabena èkpɔ ale si wowɔ nu ɖe wo ŋu dadatɔe.+ Eye nèwɔ ŋkɔ na ɖokuiwò, abe ale si wòle egbe sia ene.+ 11 Èma atsiaƒu la me le wo ŋgɔ, ale be woto ƒuƒuiƒe+ le atsiaƒua me, eye nètsɔ wo yome tilawo ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒewo, abe kpe le ƒu dzeagbo me ene.+
-