-
4 Mose 35:22-25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 “‘Ke ne melé fui tsã o, alo ɖoe hafi tutui o, alo da nane wòdzee, evɔ meɖo tame vɔ̃ ɖe eŋu o,*+ 23 ne mekpɔe o, alo menye ɖe wòɖoe da kpee o, eye menye ɖe wòlé fui alo di be yeawɔ nu vevii o, hafi amea ku la, 24 ekema ha la nadrɔ̃e le amea kple hlɔ̃biala la dome le ɖoɖo siawo nu.+ 25 Eye ha la naɖe ame si wu ame la tso hlɔ̃biala la si me, eye ha la nagbugbɔe aɖo ɖe eƒe sitsoƒedu si me wòsi yi la me, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si wosi ami kɔkɔe+ na la ku.
-
-
5 Mose 19:3-5Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
3 Nàma wò anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò wòzu tɔwò la ɖe akpa etɔ̃ me, eye nàta mɔ ayi du siawo me, ne amewula nate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me.
4 “Ke esiae nye amewula si asi ayi afi ma be wòanɔ agbe la ŋu nya: Ne menya hafi wu ehavi o, eye melé fui tsã o;+ 5 le kpɔɖeŋu me, ne eya kple ehavi woyi ave me yi nake fɔ ge, eye wòkɔ fía dzi be yealã ati, eye fía la tu le atia me hedze ehavia wòku la, ekema wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, ne wòanɔ agbe.+
-
-
Yosua 20:7-9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Eya ta woɖe Kedes+ le Galilea le Naftali tonuto la me, kple Sekem+ le Efrayim tonuto la me, kple Kiriat-Arba,+ si nye Hebron, le Yuda tonuto la me be woanye du kɔkɔewo. 8 Le Yordan nutoa me le Yeriko ƒe ɣedzeƒe la, wotia Bezer+ si le gbedzi le tonyigba gbadza la dzi tso Ruben-to la me, kple Ramot+ si le Gilead la tso Gad-to la me, kpakple Golan+ si le Basan la tso Manase-to+ la me.
9 Du siawoe wotia na Israel-viwo katã kple amedzro siwo katã le wo dome, ale be ame sia ame si meɖoe hafi wu ame* o la nasi ayi afi ma,+ ne hlɔ̃biala la nagawui o, va se ɖe esime wodrɔ̃ ʋɔnui le ha la ŋkume.+
-