-
2 Mose 5:3Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
3 Ke wogblɔ be: “Hebritɔwo ƒe Mawu la ƒo nu kpli mí. Míeɖe kuku, míedi be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa mía Mawu la;+ ne menye nenema o la, atsɔ dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi yi nu.”
-
-
2 Mose 10:25, 26Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 Ke Mose gblɔ be: “Wò ŋutɔe ana lã siwo míatsɔ asa vɔ kple esiwo míatsɔ asa numevɔ la mí, eye míatsɔ wo asa vɔ na Yehowa mía Mawu.+ 26 Míaƒe lãhawo hã ayi kpli mí. Míalɔ̃ be lã* ɖeka teti natsi anyi o, elabena woƒe ɖe tsɔ ge míala asubɔ Yehowa mía Mawu la, eye míenya wo dometɔ siwo míatsɔ asubɔ Yehowa haɖe o, va se ɖe esime míeɖo afi ma hafi.”
-