INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mateo 26:28
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 28 elabena esia le tsitre ɖi na nye ʋu, si nye ‘nubabla+ ƒe ʋu’+ si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta+ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke.+

  • Romatɔwo 3:25
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 25 Mawu tsɔe na be wòanye avulévɔsa*+ to eƒe ʋu la dzi xɔxɔ se me.+ Ewɔ esia be wòatsɔ aɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye afia, elabena Mawu nɔ dzi gbɔm ɖi eye wòtsɔ nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la nɔ kekem.

  • Romatɔwo 5:9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Eya ta esi wonɔ te ɖe eƒe ʋu dzi bu mí ame dzɔdzɔewoe azɔ ta la,+ woaɖe mí tso dziku la me geɖe wu to edzi.+

  • Efesotɔwo 1:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 To via dzi la míekpɔ ablɔɖe, esi wòto eya amea ƒe ʋu dzi xe mía tafe,+ ɛ̃, be woatsɔ míaƒe vodadawo ake mí+ le eƒe amenuveve geɖe la nu.

  • Hebritɔwo 9:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Ɛ̃, wotsɔa ʋu klɔa nu sia nu kloe ŋu+ le Se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, tsɔtsɔke aɖeke menɔa anyi o.+

  • Hebritɔwo 13:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Esia tae Yesu hã kpe fu le dua ƒe agbo la godo ɖo,+ ale be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu akɔ dukɔ la ŋu.+

  • 1 Petro 1:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 le Mawu, Fofo la, ƒe nunyanya do ŋgɔ la nu,+ eya, ame si tsɔ gbɔgbɔ la kɔ wo ŋu+ be woanye toɖolawo, ame siwo ŋu wohlẽ Yesu Kristo ƒe ʋu ɖo la:+

      Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi.

  • 1 Yohanes 1:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Ke ne míele zɔzɔm le kekeli la me abe ale si eya ŋutɔ hã le kekeli la me ene la, ekema míele ha dem kple mía nɔewo, eye Via Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.+

  • Nyaɖeɖefia 1:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 kpakple esi tso Yesu Kristo, “Ðasefo Nuteƒewɔla la,”+ “ame kukuwo dome ŋgɔgbevi la,”+ kple “anyigbadzifiawo ƒe Dziɖula la” gbɔ+ la, nanɔ anyi kpli mi.

      Ame si lɔ̃a mí,+ eye wòna ablɔɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eya ŋutɔ ƒe ʋu me+—

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe