INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 3:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Esia ta mebe: Maɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe fuwɔame la me,+ eye makplɔ mi ayi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo,+ Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo+ ƒe anyigba dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisim le.”’+

  • 2 Mose 6:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Makplɔ mi ayi anyigba si ŋu meka atam* le be matsɔ ana Abraham, Isak kple Yakob la dzi; matsɔe ana mi wòanye mia tɔ.+ Nyee nye Yehowa.’”+

  • 5 Mose 8:7-9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Elabena Yehowa wò Mawu kplɔ wò yina anyigba nyui aɖe dzi,+ anyigba si dzi tɔʋuwo, tsidzɔƒewo kple tɔ goglo siwo sina to baliwo kple tonutowo me la le, 8 anyigba si dzi lu kple ƒo, wainkawo kple gbotiwo kpakple yevuboɖawo le,+ anyigba si dzi amititsetsewo ƒe ami kple anyitsi le,+ 9 anyigba si dzi nuɖuɖu mave le o, eye naneke mahiã wò o, anyigba si ƒe kpewo me gayibɔ le, si ƒe towo dzi nàku akɔbli le.

  • Ezekiel 20:6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 Gbe ma gbe meka atam be, makplɔ wo adzoe le Egipte-nyigba dzi ayi anyigba aɖe si medi da ɖi* na wo la dzi, afi si notsi kple anyitsi le sisim le.+ Enye anyigba si nya kpɔ* wu anyigbawo katã.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe