INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 15:19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 “Kɔ wò nyiwo kple wò alẽwo ƒe vi gbãtɔ siwo katã nye atsu la ŋu na Yehowa wò Mawu.+ Mègazã wò nyiwo* ƒe vi gbãtɔ atsɔ awɔ dɔ aɖeke o, eye mègako fu na wò alẽwo ƒe vi gbãtɔ hã o.

  • 5 Mose 15:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Ke ne nu wɔ afi aɖe nɛ, eƒe ŋku gbã, alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu vevie la, mègatsɔe sa vɔ na Yehowa wò Mawu la o.+

  • 5 Mose 17:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 “Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si nu wɔ afi aɖe na, alo esi ŋu nane gblẽ le la, sa vɔ na Yehowa wò Mawu o; elabena anye ŋunyɔnu na Yehowa wò Mawu la.+

  • Malaki 1:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Eye ne mietsɔ lã ŋkuagbã va vɔ sa gee la, miegblɔna be: “Megblẽ naneke o.” Eye ne mietsɔ lã nuwɔe alo lã lédɔ vɛ la, miegblɔna be: “Megblẽ naneke o.”’”+

      “Tsɔe yi na wò nutodziɖula kpɔ be akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò alo axɔ wò nyuie hã?” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

  • Hebritɔwo 9:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 ekema ɖe Kristo la,+ ame si to gbɔgbɔ mavɔ ƒe dɔwɔwɔ dzi tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsa si ŋu mokaka mele o ene la, ƒe ʋu maklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋu tso dɔwɔwɔ kukuwo me geɖe wu,+ ale be míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu gbagbe la oa?+

  • 1 Petro 1:19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Ke boŋ ʋu xɔasi ye wotsɔ ɖe mi,+ abe alẽvi si nu mewɔ afi aɖeke na o,+ si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o la tɔ ene, si nye Kristo ƒe ʋu.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe