INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 3 Mose 16:34
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 Esia nanye se na mi ɖaa,+ ne woalé avu ɖe Israel-viwo katã ƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka le ƒe me.”+

      Eye wòwɔ abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.

  • Hebritɔwo 9:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Menye gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu ye wòtsɔ ge ɖe kɔkɔeƒe la zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe ʋu+ ye, eye wòxɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ vɛ na mí.*+

  • Hebritɔwo 9:24-26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Elabena menye kɔkɔeƒe si wotsɔ asi wɔ,+ si nye vavãtɔ la ƒe kpɔɖeŋu,+ ye Kristo yi o, ke boŋ dziƒo ŋutɔŋutɔ wòyi,+ ale be wòado ɖe Mawu ŋkume azɔ le mía ta.+ 25 Eye menye be wòatsɔ eɖokui anɔ nanam enuenu, abe ale si nunɔlagã la tsɔa ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o gena ɖe kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe+ ene o. 26 Ne nenemae la, ekema ahiã be wòanɔ fu kpem enuenu tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.* Ke azɔ eɖe eɖokui fia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu le nuɖoanyiawo* ƒe nuwuɣi, be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa esi wòtsɔ eɖokui sa vɔe.+

  • Hebritɔwo 10:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Le eƒe “lɔlɔ̃nu”+ sia nu la, wokɔ mía ŋu to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wotsɔ na zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la dzi.+

  • 1 Yohanes 2:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 Vinye lɔlɔ̃awo, mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, ale be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ* le mía si le Fofo la gbɔ, si nye Yesu Kristo,+ dzɔdzɔetɔ la.+ 2 Eye eyae nye avulévɔsa+ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta,+ gake menye ɖe mía tɔ ɖeɖe ko ta o, ke ɖe xexe blibo la hã tɔ ta.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe