-
4 Mose 29:12Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 “‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, miawɔ takpekpe kɔkɔe. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyui na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.+
-
-
5 Mose 16:13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
13 “Ne èƒo wò nukuwo, wò ami, kple wò wain nu ƒu vɔ la, ekema nàɖu Agbadɔŋkekenyui+ ŋkeke adre.
-
-
Nehemiya 8:14-18Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 Eye wokpɔ woŋlɔ ɖe Se si Yehowa de to Mose dzi me be, Israel-viwo nanɔ agbadɔwo me le ŋkekenyui la dzi le ɣleti adrelia+ me, 15 eye be woaɖe gbeƒã+ ahaɖo du ɖe woƒe duwo katã me kple Yerusalem blibo la be: “Miyi tonuto la me, eye mitso amiti ƒe alɔwo, gbemiti ƒe alɔwo, mirte ƒe alɔwo, deʋayawo kple ati dodoewo ƒe alɔwo vɛ, ne míatsɔ atu agbadɔwo, abe ale si woŋlɔe ɖi ene.”
16 Eye dukɔ la do go yi ɖatso wo vɛ, eye wotu agbadɔwo, wo dometɔ ɖe sia ɖe tui ɖe eya ŋutɔ ƒe xɔ ta, woƒe xɔxɔnuwo, Mawu vavã+ la ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo, Tsigbo+ la ƒe ablɔ me kple Efrayim-gbo+ la ƒe ablɔ me. 17 Ale ame siwo gbɔ tso aboyo me la ƒe ha blibo la katã tu agbadɔwo, eye wonɔ agbadɔawo me, elabena tso Yosua,+ Nun vi, ƒe ŋkekeawo me va se ɖe ŋkeke ma dzi la, Israel-viwo mewɔe alea kpɔ o, ale wokpɔ dzidzɔ gã aɖe.+ 18 Eye woxlẽ Mawu vavã la ƒe Segbalẽ+ la gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi. Woɖu ŋkekenyui la ŋkeke adre, eye le ŋkeke enyia gbe la, wowɔ takpekpe tɔxɛ le ɖoɖo la nu.+
-