-
3 Mose 12:7, 8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Nunɔla la natsɔe ava Yehowa ŋkume ahalé avu ɖe eta, eye eŋu akɔ tso ʋu si do le eŋu la me. Esiae nye nyɔnu si dzi ŋutsuvi alo nyɔnuvi la ŋuti se. 8 Ke ne mate ŋu ana alẽ o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve+ vɛ, woatsɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nuvɔ̃vɔ, eye nunɔla la nalé avu ɖe eta, eye eŋu akɔ.’”
-
-
3 Mose 14:21, 22Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
21 “Ke ne amea da ahe, eye nu mede edzi boo o la, ekema wòatsɔ alẽtsui ɖeka vɛ be woatsɔ asa fɔɖivɔ, be wòanye nunyèvɔsa si woatsɔ alé avu ɖe eta, kple wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka* si wotsɔ ami dzabae be wòanye nuɖuvɔsa, kple ami lɔg ɖeka, 22 kpakple akpakpa* eve alo ahɔnɛvi eve le eƒe ŋutete nu. Woatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ ahatsɔ evelia asa numevɔ.+
-
-
3 Mose 15:13-15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
13 “‘Ne tsi si le dodom le ŋutsua ŋu nu tso la, ekema wòaxlẽ ŋkeke adre hena eŋukɔkɔ, eye wòanya eƒe awuwo ahale tɔsisi me tsi be eŋu nakɔ.+ 14 Le ŋkeke enyia gbe la, wòatsɔ akpakpa* eve alo ahɔnɛvi+ eve ɖe asi ava Yehowa ŋkume le takpegbadɔa nu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la. 15 Nunɔlaa natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ, eye nunɔla la nalé avu ɖe eta le Yehowa ŋkume le tsi si do le eŋu la ta.
-