INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Mose 12:1-3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Eye Yehowa gblɔ na Abram be: “Ʋu le mia de, eye nàdzo le wò ƒometɔwo gbɔ kple fofowò ƒe me, ne nàyi anyigba si mafia wò la dzi.+ 2 Mana nàzu dukɔ gã aɖe, mayra wò, eye mana wò ŋkɔ nanyɔ; àva zu yayra na amewo.+ 3 Mayra ame siwo ayra wò, eye maƒo fi ade ame si ado ɖiŋu na wò la,+ eye woayra anyigbadziƒomeawo katã to dziwò.”*+

  • 1 Mose 22:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Eye Yehowa ƒe dɔla yɔ Abraham zi evelia tso dziƒo

  • 1 Mose 22:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 mayra wò godoo, eye mana wò dzidzimevi* nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene;+ wò dzidzimevi axɔ eƒe futɔwo ƒe duwo* woazu etɔ.+

  • 5 Mose 33:29
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 29 Oo Israel, dzidzɔtɔe nènye!+

      Ame kae le abe wò ene,+

      Dukɔ si ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ,+

      Wò akpoxɔnu si kpɔa tawò,+

      Kple wò yi gã la?

      Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò,+

      Eye ànya avuzi le wo dzi.”*

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe