INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 20:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 “Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋu o.+

  • 2 Mose 23:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 23 “Mèganɔ alakpanya kakam o.+ Mègawɔ ɖeka kple ame vlo ahanye ɖasefo vɔ̃ɖi ɖe hawòvi ŋu o.+

  • 3 Mose 19:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 “‘Mèganɔ ame ŋu gblẽm anɔ yiyim o.+ Mègadi be woakɔ hawòvi ƒe ʋu ɖi o.*+ Nyee nye Yehowa.

  • 5 Mose 19:16-19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 Ne ɖasefo aɖe ɖo tame vɔ̃ ɖe ame aɖe ŋu hetso enu be edze agɔ la,+ 17 ame eve siwo dome dzrea dzɔ ɖo la nava tɔ ɖe Yehowa ŋkume, le nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃la siwo li le ŋkeke mawo me la ŋgɔ.+ 18 Eye ʋɔnudrɔ̃lawo nadzro eme tsitotsito,+ eye ne ame si tso nɔvia nu la nye aʋatsoɖasefo, eye wòtsɔ alakpanya ɖe nɔvia ŋu la, 19 ekema miawɔe abe ale si tututu wòɖoe be yeawɔ ye nɔviae ene,+ eye nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.+

  • Lododowo 6:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 Nu adee Yehowa lé fui;

      Ɛ̃, nu adree nye ŋunyɔ nɛ:*

  • Lododowo 6:19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Aʋatsoɖasefo si daa alakpa ɣesiaɣi,+

      Kple ame si dea dzre nɔviwo dome.+

  • Lododowo 19:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  5 Aʋatsoɖasefo matsi tomahe o,+

      Eye ame si daa alakpa ɣesiaɣi la mado le eme o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe