2 Eye dukɔ la wɔ dzre kple Mose,+ eye wogblɔ be: “Na tsi mí míano.” Ke Mose bia wo be: “Nu ka tae miele dzre wɔm kplim? Nu ka ŋuti miele Yehowa dom kpɔ?”+
7 Eye wòna ŋkɔ teƒe la be Masa*+ kple Meriba,*+ elabena Israel-viwo wɔ dzre kple Mose le afi ma, eye wote Yehowa kpɔ+ gblɔ be: “Ðe Yehowa le mía dome loo alo meli o?”
8 migasẽ dzi me, abe ale si wowɔ le ɣeyiɣi si me wodo dɔmedzoe nam vevie le ŋkeke si wodom kpɔ le gbea dzi,+9 afi si mia tɔgbuiwo dom kpɔ hetem kpɔ le, togbɔ be wokpɔ nye dɔwɔwɔwo ƒe blaene sɔŋ hafi la ene o.+