-
Hebritɔwo 12:5-7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Eye mieŋlɔ nuxlɔ̃ame si wona mi abe viwo ene la be keŋkeŋ, si nye: “Vinye, mègabu Yehowa* ƒe amehehe nu tsɛ o, eye ne eɖɔ wò ɖo la, dzi megaɖe le ƒowò o; 6 elabena ame si Yehowa* lɔ̃na la, eyae wòhea to na, le nyateƒe me la, ame sia ame si wòxɔ abe vi ene lae wòƒona.”+
7 Ehiã be miado dzi elabena enye mia ɖɔɖɔɖo* ƒe akpa aɖe. Ðe Mawu le nu wɔm ɖe mia ŋu abe viwo ene.+ Elabena vi kae li, si fofoa mehea to na o?+
-