INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 3 Mose 25:35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 35 “‘Ne hiã tu nɔviwò ale be megate ŋu le eƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm o la, ekema kpe ɖe eŋu+ abe ale si nàwɔ na amedzrovi kple ame si ʋu va tsi mia gbɔ+ la ene, be nàxɔe ɖe agbe.

  • Lododowo 19:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa,+

      Eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.+

  • Mateo 5:42
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 42 Na nu ame si le nu biam wò, eye mègatrɔ megbe de ame si di be nàdo nu na ye la o.*+

  • Luka 6:34, 35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 Eye ne miedoa nu* na ame siwo miekpɔa mɔ be woaxee na mi la, kafukafu kae wònye na mi?+ Nu vɔ̃ wɔlawo kura gɔ̃ hã doa nu na nu vɔ̃ wɔlawo hekpɔa mɔ be woava xee ɖe eteƒe na yewo pɛpɛpɛ. 35 Ke boŋ miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miwɔ nyui, mido nu na ame, eye miganɔ mɔ kpɔm be woaxee ɖe eteƒe na yewo o;+ ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo, elabena enyoa dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.+

  • Galatiatɔwo 2:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Negbe ɖeko wobia tso mía si be míanɔ ame dahewo ŋu bum, eye esia tututue medoa vevie wɔna.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe