INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 15:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Ke mele be ame aɖeke nanye ame dahe le dowòme o, elabena Yehowa ayra wò godoo+ le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be wòanye wò domenyinu la dzi,

  • 5 Mose 15:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 “Ne nɔviwòwo dometɔ aɖe da ahe le mia dome le wò du aɖe me, le wò anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm dzi la, mègasẽ wò dzi me alo amia asi me ɖe nɔviwò dahe la o.+

  • 5 Mose 15:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Ele be nàna nui faa,+ eye mègafa konyi* tso eŋu o, elabena esia tae Yehowa wò Mawu ayra wò le nu sia nu si nàwɔ kple dɔ sia dɔ si nàwɔ me ɖo.+

  • Lododowo 19:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa,+

      Eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.+

  • Luka 6:34, 35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 Eye ne miedoa nu* na ame siwo miekpɔa mɔ be woaxee na mi la, kafukafu kae wònye na mi?+ Nu vɔ̃ wɔlawo kura gɔ̃ hã doa nu na nu vɔ̃ wɔlawo hekpɔa mɔ be woava xee ɖe eteƒe na yewo pɛpɛpɛ. 35 Ke boŋ miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miwɔ nyui, mido nu na ame, eye miganɔ mɔ kpɔm be woaxee ɖe eteƒe na yewo o;+ ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo, elabena enyoa dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe