5 Mose 5:32 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 32 Azɔ miwɔ abe ale si Yehowa mia Mawu de se na mi ene la pɛpɛpɛ.+ Migadze ɖe ɖusime alo miame o.+ Yosua 1:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu vevie eye nàwɔ Se siwo katã nye subɔla Mose de na wò la dzi pɛpɛpɛ ko. Mègadze le eŋu ɖe ɖusime alo miame o,+ ne nàwɔ nu le nunya me le afi sia afi si nàyi.+ Yesaya 30:21 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 21 Eye ne mietra mɔ yi ɖusime alo miame la,+ miaƒe to ase nya sia le mia megbe be, “Mɔ lae nye esi.+ Mito edzi.”
7 “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu vevie eye nàwɔ Se siwo katã nye subɔla Mose de na wò la dzi pɛpɛpɛ ko. Mègadze le eŋu ɖe ɖusime alo miame o,+ ne nàwɔ nu le nunya me le afi sia afi si nàyi.+
21 Eye ne mietra mɔ yi ɖusime alo miame la,+ miaƒe to ase nya sia le mia megbe be, “Mɔ lae nye esi.+ Mito edzi.”