INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 21:21-24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Eye Israel dɔ ame ɖe Amori-fia Sihon gbɔ be:+ 22 “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ɖe agble alo waingble aɖeke me o. Míano vudo aɖeke me tsi o. Fia Ƒe Mɔ la dzi míato, va se ɖe esime míeto wò anyigba dzi yi.”+ 23 Ke Sihon meɖe mɔ na Israel be wòato yeƒe anyigba dzi ayi o, ke boŋ Sihon ƒo eƒe dukɔ la nu ƒu, eye wòho yi gbea dzi ɖakpe aʋa kple Israel le Yahaz.+ 24 Gake Israel si wo kple yi+ hexɔ woƒe anyigba,+ tso Arnon+ yi Yabok+ si te ɖe Amonitɔwo ŋu, elabena Yazer+ ye nye Amonitɔwo ƒe liƒo.+

  • 5 Mose 2:32-34
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 32 Esi Sihon kple eƒe dukɔ blibo la ho va kpe aʋa kpli mí le Yahaz+ la, 33 Yehowa mía Mawu tsɔe de asi na mí, ale be míeɖu eya kple viaŋutsuwo kpakple eƒe dukɔ blibo la katã dzi. 34 Míexɔ eƒe duwo katã ɣemaɣi, eye míetsrɔ̃ du sia du, kple ŋutsuwo, nyɔnuwo kpakple ɖeviwo gbidigbidi. Eye ame aɖeke metsi agbe o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe