INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 15:14-16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Dukɔwo asee;+ dzidzi aƒo wo;

      Filistitɔwo ase veve* vevie.

      15 Dzidzi aƒo Edom ƒe amegãwo ɣemaɣi;

      Moab-megãwo* hã adzo nyanyanya.+

      Dzi aɖe le Kanaantɔwo katã ƒo.+

      16 Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi alé wo.+

      Wò alɔ sesẽ ana woatsi maʋamaʋã abe kpe ene,

      Oo Yehowa, va se ɖe esime wò dukɔ la va yi,

      Va se ɖe esime dukɔ si nèwɔ+ la tso eme va yi.+

  • Yosua 2:9-11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Eye wògblɔ na ŋutsuawo be: “Menya be Yehowa atsɔ anyigba la ana mi,+ eye vɔvɔ̃ si le mia ŋu la lé mí.+ Dzi ɖe le anyigba la dzi nɔlawo katã ƒo le mia ta,+ 10 elabena míese ale si Yehowa na Ƒudzĩ la mie le mia ŋgɔ esime mieʋu dzo le Egipte,+ kple nu si miewɔ Amori-fia eve, siwo nye Sihon+ kple Og,+ ame siwo mietsrɔ̃ gbidigbidi le Yordan ƒe go kemɛ* dzi. 11 Esi míesee la, dzi ɖe le mía ƒo,* eye dzi megale ame aɖeke ƒo o* le mia ta, elabena Yehowa mia Mawu lae nye Mawu le dziƒo afi mɛ kple anyigba dzi afii.+

  • Yosua 5:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Esi Amoritɔwo+ ƒe fia siwo katã le Yordan ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi,* kple Kanaantɔwo+ ƒe fia siwo katã le atsiaƒua nu, see be Yehowa na Yordan me tsiawo mie le Israel-viwo ŋgɔ, va se ɖe esime wotsoe la, dzi ɖe le wo ƒo,*+ eye kalẽwɔwɔ bú ɖe wo* le Israel-viwo ta.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe