-
Yosua 7:5Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Aitɔwo wu ŋutsu blaetɔ̃ vɔ ade, eye wonya wo ɖe nu tso dugbo la nu va se ɖe keke Sebarim* ke, eye wonɔ wo wum le aga la me. Eya ta dukɔ la ƒe dzi lólo zu tsi.
-
-
Yosua 7:24, 25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 Azɔ Yosua kple Israel blibo si le eŋu la kplɔ Akan,+ Zera vi la, eye wotsɔ klosaloa, awu xɔasia kple sikakpɔti+ la, eye wokplɔ viaŋutsuwo, vianyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo, alẽwo, eye wotsɔ eƒe agbadɔ kple eƒe nuwo katã yi Akor Bali+ la me. 25 Eye Yosua gblɔ be: “Nu ka tae nèhe vɔ̃ va mía dzi?+ Yehowa hã ahe vɔ̃ ava dziwò egbe sia.” Israel blibo la ƒu kpe wo woku,+ eye wotɔ dzo wo.+ Ale woƒu kpe wo katã woku.
-