31 Esi Benyamin viwo do go yi be yewoaɖakpe kple aʋawɔlawo la, woble wo yi adzɔge tso dua gbɔ.+ Eye abe ale si wowɔ tsã ene la, wogadze wo dzi hewu ameawo dometɔ aɖewo le mɔ gã si ɖo ta Betel kple esi ɖo ta Gibea la dzi, Israel ŋutsu siwo ade blaetɔ̃ ku ɖe gbea dzi.+