-
Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:20-23Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Mlɔeba Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu+ wògblɔ be: “Esi dukɔ sia tu nu, si mebla+ kpli wo tɔgbuiwo, eye womeɖo to nye gbe o+ ta la, 21 nye hã nyemanya dukɔ siwo Yosua kpɔtɔ ɖi hafi ku la dometɔ ɖeka pɛ hã ɖa le wo ŋgɔ o.+ 22 Ne matsɔ wo ado Israel kpɔ be woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ+ ŋu ahazɔ edzi, abe ale si tututu wo fofowo lé ŋku ɖe eŋu ene loo, alo womalé ŋku ɖe eŋu o hã.” 23 Eya ta Yehowa ɖe mɔ dukɔ siawo tsi anyi. Menya wo ɖa zi ɖeka o, eye metsɔ wo de asi na Yosua o.
-