5 Mose 32:39 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 39 Azɔ mikpɔ ɖa, nyee nye Mawu,+Eye mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.+ Mewua ame, eye megbɔa agbe ame.+ Medea abi ame ŋu,+ eye medaa gbe le ame ŋu,+Eye ame aɖeke mate ŋu aɖe ame tso asinye me o.+ Hiob 14:13 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 13 Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe,*+Nàdzram ɖo va se ɖe esime wò dziku nu nafa,Nàɖo ɣeyiɣi nam, eye nàɖo ŋku dzinye ɖe!+ Psalmo 30:3 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 3 Oo Yehowa, wòe kɔm* doe tso Tsiẽƒe;*+Èxɔm ɖe agbe; mèna meyi aʋli me o.+ Psalmo 49:15 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 15 Ke Mawu aɖem* tso Tsiẽƒe*+ ƒe ŋusẽ si me,Elabena axɔm. (Sela) Psalmo 68:20 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 20 Mawu vavã la nye Mawu si xɔna na ame;+Eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae ɖea ame tso ku si me.+ Hosea 13:14 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 14 Maɖe wo le Tsiẽƒe* si me;Magbugbɔ wo axɔ le ku si me.+ Oo Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?+ Oo Tsiẽƒe, afi kae wò nugbegblẽ le?+ Dɔmetɔtrɔ aɣla ɖe nye ŋkuwo. Yohanes 11:24 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 24 Marta gblɔ nɛ be: “Menya be afɔ le tsitretsitsi+ la me le ŋkeke mlɔetɔ dzi.” 1 Korintotɔwo 15:55 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 55 “Ku, wò dziɖuɖu ɖe? Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?”+
39 Azɔ mikpɔ ɖa, nyee nye Mawu,+Eye mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.+ Mewua ame, eye megbɔa agbe ame.+ Medea abi ame ŋu,+ eye medaa gbe le ame ŋu,+Eye ame aɖeke mate ŋu aɖe ame tso asinye me o.+
13 Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe,*+Nàdzram ɖo va se ɖe esime wò dziku nu nafa,Nàɖo ɣeyiɣi nam, eye nàɖo ŋku dzinye ɖe!+
14 Maɖe wo le Tsiẽƒe* si me;Magbugbɔ wo axɔ le ku si me.+ Oo Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?+ Oo Tsiẽƒe, afi kae wò nugbegblẽ le?+ Dɔmetɔtrɔ aɣla ɖe nye ŋkuwo.