17 Mègaka asi nu siwo woɖo be woatsrɔ̃* la ŋu o,+ ne Yehowa naɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, ne wòakpɔ nublanui na wò ahave nuwò, eye wòana nàdzi ɖe edzi, abe ale si tututu wòka atam na tɔgbuiwòwo ene.+
9 Ke Saul kple dukɔ la mewɔ naneke Agag o,* wokpɔ alẽ nyuitɔwo, nyiwo kple lã siwo da ami, kpakple agbowo kple nu nyuiwo katã ta.+ Womedi be yewoatsrɔ̃ wo o. Ke nu siwo katã nye nu siwo ŋu viɖe mele o kple esiwo womedi o la koe wotsrɔ̃.