-
1 Kronika 15:27, 28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 David kple Lewi vi siwo katã kɔ Aɖaka la, hadzilawo kple agbatsɔlawo ƒe tatɔ Kenaniya, siaa do aklala biɖibiɖi wu ʋlaya si ŋu abɔ mele o; David do aklalakɔmewu+ hã. 28 Eye Israel-viwo katã le aseye tsom,+ le lãdzo kple kpẽwo kum,+ le gakogoewo ƒom, eye wole kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom sesĩe+ hekɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka gbɔna.
-