-
2 Samuel 4:5-8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Ke Beerottɔ Rimon viwo, Rekab kple Baana, yi Is-Boset ƒe me le ŋdɔkutsu dzatsɛ, esi wònɔ ŋdɔlɔ̃ dɔm. 6 Woyi aƒea me abe ame siwo gbɔna lu tsɔ ge ene, eye woƒo nu ɖe dɔme nɛ; ke Rekab kple nɔvia Baana+ si dzo. 7 Esi woɖo aƒea me la, emlɔ aba dzi le eƒe xɔgã me, eye woda nui wòku, wotso ta le enu. Eye wotsɔ eƒe ta ɖe asi zɔ mɔ zã blibo la katã to Araba* mɔ. 8 Eye wotsɔ Is-Boset+ ƒe ta vɛ na David le Hebron gblɔ na fia la be: “Wò futɔ Saul,+ si di be yeaɖe wò agbe*+ ɖa la, ƒe vi Is-Boset ƒe tae nye esi. Yehowa na nye aƒetɔ fia bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo egbe sia.”
-