-
1 Kronika 11:22-25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Benaya,+ Yehoyada vi, nye ŋutsu kalẽtɔ,* ame si wɔ kalẽnu geɖewo le Kabzeel.+ Ewu Ariel si tso Moab la viŋutsu eveawo, eyae yi vudo* me ɖawu dzata+ le ŋkeke aɖe si dzi sno dza. 23 Ewu Egipte ŋutsu dzɔtsu aɖe si kɔkɔ abɔklugui atɔ̃*+ la. Togbɔ be akplɔ si le abe avɔlɔ̃lawo+ ƒe agbabɔ ene la nɔ Egiptetɔ la si hã la, etsɔ kpo ɖe asi yi Egiptetɔ la gbɔ ɖaxɔ akplɔ la le esi, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ la wui.+ 24 Nu siawoe Benaya, Yehoyada vi wɔ, eye wòxɔ ŋkɔ abe ŋutsu kalẽtɔ etɔ̃awo ke ene. 25 Togbɔ be exɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome hã la, meɖo kalẽtɔ etɔ̃ gbãtɔawo ƒe ɖoƒe o.+ Ke hã, David tsɔe ɖo eya ŋutɔ ŋu dzɔlawo nu.
-
-
Lododowo 30:30Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
30 Dzata, si nye kalẽtɔ wu le lãwo dome,
Si medea megbe le ame aɖeke ŋkume o;+
-