INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 7:3, 4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Eye mègana srɔ̃ɖekadodo aɖeke nanɔ wò kpli wo dome o. Mègatsɔ viwònyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, eye mègaɖe wo vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo hã o.+ 4 Elabena woana viwòŋutsuwo natrɔ le yonyeme aɖasubɔ mawu bubuwo;+ ale be Yehowa ƒe dziku nafla ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò kaba ŋutɔ.+

  • 1 Fiawo 7:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Eƒe xɔ* si me wòanɔ le xɔxɔnu kemɛa+ la le adzɔge tso Akpata* la gbɔ, eye wòtui abe Akpata la ke ene. Salomo tu xɔ si le abe Akpata sia ene na Farao vinyɔnu si wòɖe la hã.+

  • 1 Fiawo 9:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Ke Farao vinyɔnu+ la ʋu le David Ƒe Du+ la me yi eya ŋutɔ ƒe xɔ si Salomo tu nɛ me; emegbe wòtu Kpo*+ la.

  • 1 Fiawo 11:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Ke Fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu+ geɖewo hekpe ɖe Farao vinyɔnu+ la ŋu; eye nyɔnu siawo tso Moab,+ Amon,+ Edom, Sidon+ kple Het.+

  • Nehemiya 13:25-27
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 25 Mehe nya ɖe wo ŋu heka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo ŋutsuawo dometɔ aɖewo+ henyɔ ɖa na wo, mena wotà Mawu, eye megblɔ na wo be: “Migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, eye migaɖe wo vinyɔnuwo dometɔ aɖeke na mia viŋutsuwo alo miawo ŋutɔwo miaɖe wo o.+ 26 Ðe menye esiawoe na Israel-fia Salomo wɔ nu vɔ̃ oa? Fia aɖeke mede enu le dukɔwo dome o;+ eye eƒe Mawu lɔ̃e,+ eye Mawu tsɔe ɖo fiae ɖe Israel blibo la nu. Gake dutanyɔnuwo na eya gɔ̃ hã wɔ nu vɔ̃.+ 27 Ðe woagase le mia ŋu ake be miewɔ nu vɔ̃ɖi sia gbegbe hedo kpo nuteƒewɔwɔ na mía Mawu la to dutanyɔnuwo ɖeɖe mea?”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe