-
2 Mose 12:30Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
30 Farao, eƒe subɔviwo katã kple Egiptetɔ bubuawo katã fɔ le zã me; eye avifafa de dzi bobobo le Egiptetɔwo dome, elabena aƒe aɖeke meli si me ame meku le o.+
-
-
Yesaya 37:36-38Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
36 Eye Yehowa ƒe dɔla do yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka blaenyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo ƒe asaɖa la me. Esi amewo fɔ ŋdi kanya la, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.+ 37 Eya ta Asiria-fia Senakerib trɔ dzo, eye wòyi ɖanɔ Niniwe.+ 38 Eye esi wòle ta dem agu le eƒe mawu Nisrok ƒe me* la, Adramelek kple Sarezer, siwo nye eya ŋutɔ viaŋutsuwo, wui kple yi,+ eye wosi yi Ararat-nyigba+ dzi. Eye via Esar-Hadon+ zu fia ɖe eteƒe.
-