-
1 Mose 19:1-3Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 Mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me, eye Lot bɔbɔ nɔ Sodom dua ƒe agbo nu. Esi Lot kpɔ wo la, etso be yeaɖakpe wo, eye wòbɔbɔ tsyɔ mo anyi.+ 2 Eye wògblɔ be: “Meɖe kuku, nye aƒetɔwo, miva dze miaƒe subɔla ƒe aƒe me ne miatsi adɔ, eye woaklɔ afɔ na mi. Ne miafɔ ŋdi kanya ayi miaƒe mɔzɔzɔa dzi.” Ke woɖo eŋu be: “Ao, míatsi ablɔ dzi boŋ adɔ.” 3 Ke eƒoe ɖe wo nu vevie va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me. Eye wòtsɔ amɔwɔ maʋamaʋã mè abolo tsɔ ɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu.
-
-
Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 Azɔ Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be: “Meɖe kuku, lala vie, ne míaɖa gbɔ̃vi aɖe na wò.”+
-