-
Yeremiya 26:20, 21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 “Ŋutsu aɖe hã nɔ nya gblɔm ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, si ŋkɔe nye Uriya, Semaya si tso Kiriat-Yearim+ la ƒe vi. Eye wògblɔ nya ɖi ɖe du sia kple anyigba sia ŋu wòsɔ kple Yeremiya ƒe nyawo. 21 Eye Fia Yehoyakim+ kple eƒe kalẽtɔwo katã kpakple amegãwo katã se eƒe nyawo, eye fia la di be yeawui.+ Esi Uriya see la, enumake vɔvɔ̃ ɖoe wòsi yi Egipte.
-