-
Ezekiel 17:12-15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 “Meɖe kuku bia ƒome dzeaglã la be, ‘Ðe miese nu si nu siawo fia la gɔme oa?’ Gblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Babilon-fia va Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple eƒe amegãwo yi Babilon.+ 13 Eɖe ame aɖe le fia ƒe dzidzimeviwo dome,+ ebla nu kplii hena wòka atam nɛ.+ Eye wòkplɔ ame ŋkuta siwo le anyigba la dzi dzoe,+ 14 ne fiaɖuƒe la nayi to, eye magafɔ ɖe te o, ale be nubabla la dzi ko wòawɔ hafi akpɔtɔ anɔ anyi.+ 15 Ke mlɔeba fia la dze aglã ɖe eŋu+ esi wòdɔ amewo ɖo ɖe Egipte, ne wòana sɔwo+ kple aʋakɔ gã aɖee.+ Ðe wòadze edzi nɛa? Ðe ame si le nu siawo wɔm la asi le tohehe nua? Ðe wòatu nubabla la vɔ tso agate ŋu asia?’+
-