-
Yeremiya 32:42Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
42 “Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ale si ko mehe vɔ̃ gã siawo katã va dukɔ sia dzii la, nenemae mawɔ nyui siwo katã ƒe ŋugbe dom mele la hã na wo.+
-
-
Yeremiya 33:10, 11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia si ŋu miegblɔ le be, ezu aƒedo, eye amegbetɔ kple lãwo megale afi ma o, Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomeewo tsi ƒuƒlu, eye amegbetɔ kple lã aɖeke megale eme o la, woagase 11 aseyetsotso kple dzidzɔɣli,+ ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, eye woase amewo ƒe gbe woanɔ gbɔgblɔm be: “Mikafu aʋakɔwo ƒe Yehowa, elabena Yehowa nyo;+ eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee!”’+
“‘Woatsɔ akpedanunana ava Yehowa ƒe aƒe la me+ abe tsã ene, elabena makplɔ anyigba la ƒe aboyomeawo agbɔe,’ Yehowa ye gblɔe.”
-