-
2 Kronika 7:12-14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo+ le zã me gblɔ nɛ be: “Mese wò gbedodoɖa la, eye metia teƒe sia na ɖokuinye be wòanye aƒe si me woasa vɔ nam le.+ 13 Ne mexe dziƒowo nu, ale be tsi megale dzadzam o, ne mede se na ʋetsuviwo be woaɖu anyigba la dzi nuwo, eye medɔ dɔvɔ̃ ɖe nye dukɔ la dome, 14 eye nye dukɔ si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo+ la bɔbɔ wo ɖokuiwo,+ eye wodo gbe ɖa hedi nye ŋkume, eye wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi la,+ ekema masee le dziƒowo, matsɔ woƒe nu vɔ̃ la ake, eye mayɔ dɔ woƒe anyigba la.+
-