-
Nehemiya 9:24, 25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 Ale wo viwo yi ɖaxɔ anyigba la wòzu wo tɔ,+ eye nèbɔbɔ Kanaantɔ+ siwo nye anyigba la dzi nɔlawo ɖe anyi le wo ŋkume, eye nètsɔ wo de asi na wo, woƒe fiawo kple anyigba la dzi dukɔwo siaa, ne woawɔ wo ale si wodi. 25 Woxɔ du sesẽwo+ kple anyigba wɔnu*+ la, eye woxɔ aƒe siwo me nu nyuiwo katã yɔ fũu, vudo* siwo woɖe, waingblewo kple amitibɔwo+ kple ati tseku ɖuɖuawo taŋtaŋ wòzu wo tɔ. Woɖu nu ɖi ƒo, eye woda ami heɖu agbe le wò nyuiwɔwɔ geɖeawo me.
-