INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Samuel 16:6, 7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 Esi woge ɖe eme, eye wòkpɔ Eliab+ la, egblɔ be: “Vavãe Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le eŋkume.” 7 Ke Yehowa gblɔ na Samuel be: “Mègakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o,+ elabena megbee. Elabena menye ale si amegbetɔ kpɔa nue nye ale si Mawu kpɔa nui o, elabena nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.”+

  • 1 Kronika 28:9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 “Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nàsubɔe kple dzi blibo+ kpakple luʋɔ* kpɔdzidzɔ,* elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna,+ eye wòdzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo katã.+ Ne èdii la, ekema ana nàke ɖe eŋu,+ ke ne ègblẽe ɖi la, agbe wò tegbee.+

  • Psalmo 17:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  3 Èdo nye dzi kpɔ, èdzro menye le zã me;+

      Èlólom;+

      Àkpɔe be susu vɔ̃ aɖeke mele menye o,

      Nye nu mada vo o.

  • Psalmo 139:23
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 23 Oo Mawu, dzro menye ne nàdze si nye dzi.+

      Dzro menye, ne nàkpɔ ale si metsi dzodzodzoe le susu mee ɖa.*+

  • Yeremiya 20:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Ke wò, aʋakɔwo ƒe Yehowa, wòe doa ame dzɔdzɔe kpɔna;

      Èdzea si dzimesusuwo* kple dzi la.+

      Na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe la teƒe,+

      Elabena asiwò mee metsɔ nye nya de.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe