1 Mose 4:8 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 8 Emegbe Kain gblɔ na nɔvia Abel be: “Na míayi gbe me.” Esi wole gbea me la, Kain dze nɔvia Abel dzi hewui.+ 1 Mose 4:10 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 10 Eye Mawu gblɔ be: “Nu kae nye esi nèwɔ? Se ɖa! Nɔviwò ƒe ʋu le ɣli dom nam tso anyigba dzi.+ 4 Mose 35:31 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 31 Migana woaxe fe aɖeke ɖe amewula si dze na ku la ƒe agbe* ta o, elabena ele be woawui.+ 5 Mose 27:25 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 25 “‘Aɖi ame si xɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ* la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
8 Emegbe Kain gblɔ na nɔvia Abel be: “Na míayi gbe me.” Esi wole gbea me la, Kain dze nɔvia Abel dzi hewui.+