INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Samuel 11:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Eye David dɔ ame woyi ɖakplɔe vɛ.+ Esi nyɔnua va egbɔ la, edɔ kplii.+ (Le ɣeyiɣi ma me la, nyɔnua nɔ eɖokui ŋu kɔm tso eƒe makɔmakɔnyenye me.*)+ Emegbe etrɔ yi aƒe me.

  • 2 Samuel 12:10, 11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Eya ta yi madzo le aƒewò me o tegbee,+ le esi nèdo vlom, eye nèxɔ Uriya, Hititɔ la, srɔ̃ ɖe ta.’ 11 Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mana vɔ̃ natso wò ŋutɔ aƒewò me ava dziwò;+ maxɔ srɔ̃wòwo le wò ŋutɔ ŋkuwòme atsɔ ana hawòvi,+ eye wòadɔ srɔ̃wòwo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ.*+

  • Lododowo 6:32-35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 32 Ame si wɔ ahasi kple nyɔnu la, tagbɔ mele esi o;*

      Ame si wɔa nu sia kplɔa eɖokui* dea tsɔtsrɔ̃ me.+

      33 Ƒoƒo kple vlodoamee atso eme nɛ,+

      Eye womatutu eƒe ŋukpe ɖa o.+

      34 Elabena ŋuʋaʋãe nana ŋutsu ƒe dɔmedzoe flana;

      Eye makpɔ nublanui na ame ne ele hlɔ̃ biam o.+

      35 Maxɔ avulénu* aɖeke o;

      Eye nunana gbogbo aɖeke hã mafa dzi nɛ o.

  • Hebritɔwo 13:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o,+ elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me kple ahasiwɔlawo.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe