6 Aɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu:+ 7 ana agbe mavɔ ame siwo le ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple magblemagblẽ+ dim to dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dzi; 8 gake ame siwo lɔ̃a dzrewɔwɔ, eye womeɖoa to nyateƒe la o, ke boŋ wonɔa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yome la, dziku kple dɔmedzoe ava wo dzi.+